Hebrews 12

Mawu hea viawo

1Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo. 2Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. 3Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo sime ŋu ale be miagagbɔdzɔ eye dzi naɖe le mia ƒo o.

4Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ sime la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o. 5Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,

“Vinyeŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe eye dzi megaɖe le ƒowò ne eka mo na wò o,
6elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe viaŋutsu ene.”
7Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene elabena Mawu le mia hem abe viaŋutsuwo ene elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8Ame sia ame toa hehe me eya ta ne miawo mieto hehe me o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí eye míetsɔ bubu naa wo ɖe eta. Geɖe wu la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo, gbɔgbɔmetɔ, te be míanɔ agbe! 10Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.

12Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. 13Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.

Nuxɔxlɔ̃ ɖe nugbegbe le Mawu gbɔ ŋuti

14Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenyemanɔmee la ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o. 15Mikpɔ egbɔ be, Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke ŋu o eye mi kpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o. 16Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahĩawɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau ene ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋu domenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o. 17Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.

18Menye to si ŋuti woate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ o. 19Menye kpẽɖiɖi, gbe si le nu ƒom ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; 20elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee woaku” la dzi o. 21Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ.”

22Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpe akpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. 23Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, 24mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avulé la la gbɔ kple ʋuhehlẽ si ƒo nu nyie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.

25Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya miate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? 26Le ɣemaɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba gake azɔ la edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã” 27Nyagbe, “ake” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.

28Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 29elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.

Copyright information for EweBEE